‏ Matthew 18:6-9

6Ke nenye be mia dometɔ aɖe ana ɖevi sue siawo dometɔ aɖe nabu xɔse si le eme ɖe ŋunye la, anyo na ame ma wu ne woatsɔ kpe gã aɖe atsi ɖe kɔ nɛ, atsɔe aƒu gbe ɖe atsiaƒu me, eye wòano tsi aku boŋ.

Yesu ƒo nu le nuɖiaɖianana ŋu

(Marko 9:42-48; Luka 17:1-2)

7“Baba na xexea me le nu siwo nana amewo wɔa nu vɔ̃ la ta! Nu siawo ava eme tsã, gake baba na ame si dzi woato ava la! 8Nenye wò asi alo afɔe nana be nèwɔa nu vɔ̃ la, lãe ɖa ne nàtsɔe aƒu gbe. Anyo na wò be nàyi dziƒo kple asi alo afɔ lalɛ̃ wu be asi eve kple afɔ eve nanɔ asiwò, eye woatsɔ wò aƒu gbe ɖe dzomavɔ me. 9Nenye be wò ŋkue nana be nèwɔa nu vɔ̃ la, hoe le eƒe to me ƒu gbe. Anyo na wò be nàyi dziƒo kple ŋku ɖeka tsɔ wu be ŋku eve nanɔ asiwò, eye nàyi dzomavɔ me.
Copyright information for EweAL