‏ Matthew 21:12-17

Gbedoxɔ la ŋu kɔkɔ

(Marko 11:15-19; Luka 19:45-48; Yohanes 2:13-22)

12Azɔ Yesu yi gbedoxɔ la me, eye wònya nudzralawo do goe le teƒea. Etu afɔ gaɖɔlilawo ƒe kplɔ̃wo ƒu anyi, eye wòkaka akpakpadzralawo ƒe kplɔ̃wo hã.

13Egblɔ na wo be, “Woŋlɔ ɖi be, ‘Nye gbedoxɔ anye gbedoɖaƒe’, gake miawo la, mietsɔe wɔ ‘fiafitɔwo ƒe nɔƒee.’ ”

14Esi wònya ameawo vɔ la, ŋkuagbãtɔwo kple tekunɔwo va egbɔ, eye wòda gbe le wo ŋu le gbedoxɔ la me, 15gake esi Yudatɔwo ƒe nunɔlagãwo kple sefialawo kpɔ nukunu dzɔatsu siwo wòwɔ, eye wose ɖevi suetɔ kekeake hã wònɔ ɣli dom le gbedoxɔ la me be, “Hosana na Fia David ƒe Vi la” la, dɔ me ve wo ŋutɔ.

16Wobiae be, “Èse nu si gblɔm ɖevi siawo lea?”

Yesu ɖo eŋu na wo be, “Ɛ̃, gake miexlẽe kpɔ be, “ ‘Èdzra kafukafu kple dodoɖedzi ɖe ɖeviwo
kple vidzĩwo ƒe nu me’ oa?”

17Esia megbe la, etrɔ yi Betania, eye wòtsi afi ma dɔ.
Copyright information for EweAL