‏ Matthew 21:23-27

Wobia nya tso Yesu ƒe ŋusẽ ŋu

(Marko 11:27-33; Luka 10:1-8)

23Yesu yi gbedoxɔ la me, eye esi wònɔ nu fiam la, nunɔlagãwo kple Yudatɔwo ƒe dumegãwo va egbɔ hebiae be, “Ŋusẽ kae nèkpɔ hafi le nu siawo wɔm, eye ame kae na ŋusẽ sia wò?”

24Yesu ɖo eŋu na wo be, “Nye hã mabia nya ɖeka mi. Ne mieɖo eŋuti nam la, ekema nye hã magblɔ afi si mekpɔ ŋusẽ tsoe hafi le nu siawo wɔm la na mi. 25Yohanes ƒe mawutsidetaname ɖe, afi ka wòtso? Dziƒo wòtso loo alo amewo gbɔ wòtsoa?”

Wodzro nya sia me le wo ɖokuiwo dome, eye wogblɔ be, “Ne míegblɔ be, ‘Etso dziƒo’ la, abia mí be, ‘Ekema nu ka ŋuti miexɔ edzi se o ɖo?’
26Ke ne míegblɔ be, ‘Etso amewo gbɔ’ la, míele vɔvɔ̃m na nu si ameawo awɔ, elabena wo katã woxɔe se be Yohanes nye Nyagblɔɖila.”

27Ale woɖo nya la ŋu na Yesu be, “Míenya o.”

Tete Yesu hã gblɔ na wo be, “Nye hã nyemagblɔ afi si mexɔ mɔɖeɖe tsoe hafi le nu siawo wɔm la na mi o.”
Copyright information for EweAL