Matthew 26:26-30
Aƒetɔ ƒe nuɖuɖu kɔkɔe la ɖoɖo anyi
(Marko 14:22-26; Luka 22:15-20)
26Esi wonɔ nua ɖum la, Yesu tsɔ abolo ɖe asi. Edo gbe ɖa ɖe abolo la ta, eye wòŋe eme hetsɔ na eƒe nusrɔ̃lawo eye wògblɔ be, “Mixɔe ɖu. Esiae nye nye ŋutilã.” 27Emegbe la, etsɔ wainkplu la hã ɖe asi, do gbe ɖa ɖe eta, eye wòtsɔe na wo be woano. Egagblɔ na nusrɔ̃lawo be, “Mi katã mixɔe no, 28esiae nye nye ʋu si wotsɔ tre nubabla yeye la nui. Wokɔe ɖi be ame geɖe nakpɔ nu vɔ̃ tsɔtsɔke to eme.” 29Yesu yi edzi gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be, “Medi be mianya nyuie be nyemegale wain sia no ge akpɔ o va se ɖe esime nye kple miawo miaganoe yeyee le Fofonye ƒe fiaɖuƒe la me.” 30Esi Yesu ƒo nu vɔ la, wo katã wodzi ha, da akpe na Mawu eye wodo go yi Amito la dzi.
Copyright information for
EweAL