Matthew 26:31-36
Yesu gblɔ nya ɖi tso Petro ƒe nugbegbe le egbɔ ŋuti
(Marko 14:27-31; Luka 22:31-34; Yohanes 13:36-38)
31Azɔ Yesu gblɔ na wo be, “Le egbe ƒe zã sia me la, mi katã miakaka le ŋunye, elabena woŋlɔe ɖe mawunya me be, “ ‘Mele alẽkplɔla la ƒo ge,eye alẽawo katã akaka gbẽe.’
32Gake ne mefɔ ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la, madze mia ŋgɔ ayi Galilea, afi si mado go mi le.” 33Petro tɔ asi akɔ gblɔ nɛ be, “Ne ame sia ame ka hlẽ le ŋuwò hã la, nye ya nyemadzo le gbɔwò gbeɖegbeɖe o.” 34Ke Yesu gblɔ nɛ be, “Nɔvi, le nyateƒe me la, kasia koklo naku atɔ le fɔŋli me la, àgbe nu le gbɔnye zi etɔ̃.” 35Petro gaɖo eŋu kple kakaɖedzi be, “Ke ɖeko maku hafi agbe nu le gbɔwò.” Azɔ nusrɔ̃la mamlɛawo hã ɖe adzɔgbe nenema.
Le Getsemane
(Marko 14:32-42; Luka 22:39-46)
36Ke Yesu kplɔ eƒe nusrɔ̃lawo yi ɖe abɔ aɖe si woyɔna be Getsemane la me, eye wògblɔ na wo be woanɔ anyi alala ye vie. Esi wonɔ elalam la, ezɔ yi ŋgɔ vie be yeado gbe ɖa.
Copyright information for
EweAL