‏ Matthew 8:19-22

19Hafi wòaɖe nu le nya sia me la, Yudatɔwo ƒe agbalẽfiala aɖe va egbɔ gblɔ nɛ be, “Nufiala, nye la, makplɔ wò ɖo ayi afi sia afi si nàyi la.”

20Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Abeiwo la, do le wo si wodɔa eme, xeviwo la, atɔ le wo si wodɔa eme, gake Amegbetɔ Vi la mekpɔ afi si wòatsɔ ta aziɔ ɖo o.”

21Ame bubu aɖe si nye eyomedzelawo dometɔ ɖeka la hã gblɔ nɛ be, “Aƒetɔ, ɖe mɔ nam mayi aɖaɖi fofonye gbã hafi.”

22Yesu ɖo eŋu na ame sia hã be, “Dze yonyeme fifia, eye nàɖe asi le ame siwo ku le gbɔgbɔ me la ŋu be woaɖi woƒe ame kukuwo.”
Copyright information for EweAL