‏ Matthew 9:14-17

Wobia nya Yesu le nutsitsidɔ ŋuti

(Marko 2:18-22; Luka 5:33-39)

14Gbe ɖeka la, Yohanes Mawutsidetanamela ƒe nusrɔ̃lawo va Yesu gbɔ va biae be, “Nu ka ta wò nusrɔ̃lawo metsia nu dɔna abe ale si mí kple Farisitɔwo míewɔna ene o ɖo?”

15Yesu hã bia wo be, “Ɖe wòle be ŋugbetɔsrɔ̃ la xɔlɔ̃wo nanɔ konyi fam, atsi nu adɔ le esime wòle wo gbɔa? Ɣeyiɣi li gbɔna esime woakplɔe adzoe le wo gbɔ, eye le ɣe ma ɣi me la, woagbe nuɖuɖu atsi nu adɔ.

16“Womate ŋu atsɔ avɔnuɖeɖi yeye aka avɔ vuvu o. Ne wowɔe alea la, avɔ yeye la aho ɖa le teƒea, eye teƒe si vuvu la akeke ɖe edzi wu. 17Nenema ke womekɔa aha yeye hã ɖe lãgbalẽgolo xoxo me o. Ne wowɔ esia la, aha yeye la ƒe ŋusẽ awɔe be lãgbalẽgolo la nawo, eye aha la kple goe la katã dome agblẽ. Lãgbalẽgolo yeye ko me woate ŋu akɔ aha yeye ɖo. Ekema aha la kple lãgbalẽgolo la katã woanɔ dedie.”
Copyright information for EweAL