Proverbs 22
1Ŋkɔ nyui didi nyo wu kesinɔnuwoeye ŋudzedzekpɔkpɔ nyo wu klosalo kple sika.
2Nu ɖeka siae nàkpɔ le kesinɔtɔ kple ame dahe ŋu:
Yehowae nye wo katã Wɔla.
3Nunyala kpɔ dzɔgbevɔ̃e gbɔna eye wòɣla eɖokui
gake bometsila ya yiyim ko wòle eye wòkpea fu ɖe enu.
4Ɖokuibɔbɔ kple Yehowavɔvɔ̃ hea kesinɔnu,
bubu kple agbe vɛ.
5Ŋu kple mɔkawo le ame vɔ̃ɖi la ƒe mɔ dzi,
ke ame si dzɔ eƒe luʋɔ ŋuti la, ate ɖa xaa tso wo gbɔ.
6He ɖevi ɖe mɔ si wòato la dzi eye ne etsi la,
mate ɖa le edzi o.
7Kesinɔtɔwo ɖua gã ɖe ame dahewo dzi
eye nugbanadola zua dɔla na ame si do nugbana la nɛ.
8Ame si ƒã vɔ̃ɖivɔ̃ɖi la axa dzɔgbevɔ̃e,
eye woatsrɔ eƒe dɔmedzoe ƒe ameƒoti.
9Woayra ame si nyoa dɔ me na amewo
elabena emaa eƒe nuɖuɖu kple ame dahewo.
10Nya fewuɖula la do goe eye dzre hã ado go,
nenema ke nyahehe kple dzudzu hã awu nu.
11Ame si lɔ̃ dzi dzadzɛ kple nuƒoƒo si me nya dzetowo le la,
eyae fia la adze xɔ̃e.
12Yehowa ƒe ŋkuwo le nugɔmesese ŋu,
ke etrɔa gbo nuteƒemawɔlawo ƒe nyawo.
13Kuviatɔ gblɔna be,
“Dzata le gota!” alo “Woava wum le ablɔ dzi!”
14Nyɔnu ahasitɔ ƒe nu la, ʋe globo wònye
eye ame si dzi Yehowa ƒe dziku le la eyae age adze eme.
15Wobla bometsitsi ɖe ɖevi ƒe dzi ŋu,
ke ɖɔɖɔɖo ƒe ameƒoti ana wòate ɖa xaa tso egbɔ.
16Ame si tea ame dahewo ɖe anyi be
yeadzi yeƒe kesinɔnuwo ɖe edzi
kple ame si naa nu kesinɔtɔ la siaa age ɖe hiã me.
Nunyala ƒe nya blaetɔ̃awo
Nya gbãtɔ
17Ƒu to anyi eye nàse nunyalawo ƒe nyawo,na wò dzi naku ɖe nu si fiam mele ŋuti,
18elabena edoa dzidzɔ na ame ne èɣla wo ɖe wò dzi me,
eye wo katã nanɔ klalo le wò nuyiwo dzi.
19Ale be nàɖo dzi ɖe Yehowa ŋu,
esia ta mele nu fiam wò ɖo egbea,
ɛ̃, wòe mele nu fiam.
20Ɖe nyemeŋlɔ nufiamenya blaetɔ̃ na wò,
aɖaŋuɖonyawo kple nugɔmesenyawo
21be woafia nyateƒe kple kakaɖedzinyawo
wò be nàtsɔ nunyanyawo aɖo nya ŋu
na ame si dɔ wò la oa?
Nya evelia
22Mègaba ame dahewo le esi woda ahe ta oeye mègate hiãtɔ ɖe to le ʋɔnu o,
23elabena Yehowa axɔ nya ɖe wo nu
eye wòaha ame si ha wo.
Nya etɔ̃lia
24Mègadze xɔ̃ ŋutsu dɔmedzoetɔ oeye mègade ha kple ame si doa dziku kabakaba o,
25ne menye nenema o la, àva srɔ̃ eƒe mɔwo
eye nàtsɔ ɖokuiwò ade mɔ me.
Nya enelia
26Mèganye ame si ƒua asi akɔ ɖe fenyila nualo dea megbe na ame si do nugbana la o;
27eye ne mèkpɔ ga axe fea o la,
woaɖe aba si dzi nèmlɔna la gɔ̃ hã le tewò.
Nya atɔ̃lia
28Mègaɖe blemaliƒokpesi fofowòwo ɖi la ɖa o.
Nya adelia
29Èkpɔ ame si bi ɖe eƒe dɔ me la le dɔ wɔma?Asubɔ le fiawo ŋgɔ
eye menye le ame tsɛwo ŋgɔ o.
Copyright information for
EweAL