Psalms 122
David ƒe mɔzɔha. 1Mekpɔ dzidzɔ kple ame siwo gblɔ nam be,“Mina míayi Yehowa ƒe aƒe me.”
2O! Yerusalem,
míaƒe afɔwo le wò agbowo nu.
3Wotso Yerusalem, eye nèle abe du si tsyia ɖe
wo nɔewo nu ene.
4Afi ma to vovovoawo yina,
Yehowa ƒe toawo, be woakafu Yehowa,
le ɖoɖo si wòna Israel nu.
5Afi ma woɖo ʋɔnudrɔ̃zikpuiwo ɖo,
David ƒe aƒe la ƒe fiazikpuiwo.
6Mido gbe ɖa, abia ŋutifafa na Yerusalem be,
“Ame siwo lɔ̃ wò la nenɔ dedie.
7Ŋutifafa nenɔ wò gliwo me
kple dedinɔnɔ le wò fiasãwo me.”
8Le nɔvinye ŋutsuwo kple xɔ̃nyewo ta, magblɔ be,
“Ŋutifafa nenɔ mewò.”
9Le Yehowa,
míaƒe Mawu la ƒe aƒe la ta, madi dzidzedze na wò.
Copyright information for
EweAL