Psalms 125
Mɔzɔha. 1Ame siwo ɖoa dzi ɖe Yehowa ŋu lale abe Zion to si meʋãna o,
eye wònɔa anyi ɖikaa la ene.
2Abe ale si towo ƒo xlã Yerusalem ene la,
nenema Yehowa ƒo xlã eƒe dukɔ lae,
tso fifia yi ɖe mavɔ me.
3Ame vɔ̃ɖiwo ƒe fiatikplɔ manɔ anyigba si
woka na ame dzɔdzɔewo la dzi o,
ne menye nenema o la,
ame dzɔdzɔewo ava tsɔ woƒe asi awɔ nu vɔ̃ɖii.
4O! Yehowa, wɔ nyui na nu nyui wɔlawo,
ame siwo ƒe dzi to mɔ ɖeka.
5Ke ame siwo trɔ ɖe mɔ gɔglɔ̃ dzi la,
Yehowa atsɔ wo aƒu gbe, kpe ɖe nu vɔ̃ɖi wɔlawo ŋu.
Ŋutifafa nenɔ Israel dzi.
Copyright information for
EweAL