Psalms 150
1Miakafu Yehowa.Mikafu Mawu le eƒe Kɔkɔeƒe la me.
Mikafui le eƒe dziƒo sesẽ la me.
2Mikafui le eƒe ŋusẽdɔwo ta.
Mikafui le eƒe gãnyenye si ƒo wo katã ta la ta.
3Mitsɔ kpẽkuku kafui.
Mitsɔ saŋku kple kasaŋku kafui.
4Mikafui kple asiʋui kple ɣeɖuɖu.
Mikafui kple kasaŋkuƒoƒo kple dzekuku.
5Mikafui kple ayawagba eve
siwo wotsɔna nɔa wo nɔewo ƒomii.
Ɛ̃, mikafui kple ayawagba eve
siwo ƒe gbe ɖina sesĩe.
6Nu sia nu si me gbɔgbɔ le la, nekafu Yehowa.
Mikafu Yehowa!
Copyright information for
EweAL