Psalms 23
David ƒe ha. 1Yehowae nye kplɔnyela,eya ta naneke mahiãm o.
2Lãnyiƒe damawo dzi wòna metsyɔ akɔ ɖo,
eye wòkplɔm yi tɔʋu fafɛwo gbɔe,
3hena nye luʋɔ gbɔ agbe.
Ekplɔm to dzɔdzɔenyenye ƒe
mɔwo dzi le eƒe ŋkɔ la ta.
4Ne mezɔ to ku ƒe balime si do viviti tsiɖitsiɖi hã la,
nyemavɔ̃ dzɔgbevɔ̃e aɖeke o,
elabena wòe le gbɔnye, eye wò lãkplɔti
kple atikplɔ faa akɔ nam.
5Èɖo kplɔ̃ ɖe akɔnyeme le nye ketɔwo ƒe ŋkume.
Èsi ami ɖe ta nam, nye kplu yɔ gbagba.
6Vavãe, dzɔgbenyui kple amenuveve adze yonyeme
le nye agbemeŋkekewo katã me,
eye manɔ Yehowa ƒe aƒe me ɖaa.
Copyright information for
EweAL