Psalms 50
Asaf ƒe ha. 1Mawu ŋusẽtɔ, Yehowa ƒo nu heyɔ takpekpe naanyigba la tso agudzedze va se ɖe esime ɣe ɖo to.
2Mawu klẽ tso Zion
le eƒe anidzedze blibo la me.
3Míaƒe Mawu la gbɔna,
ahom le tutum le eŋgɔ,
dzo le nu bim le eŋgɔ, eye mazi ɖoɖoe o.
4Eɖi ʋɔnu, eye wòyɔ dziƒo
kple anyigba ne wòadrɔ̃ ʋɔnu eƒe dukɔ,
5“Miƒo nye ame kɔkɔewo nu ƒu nam,
ame siwo bla nu kplim kple akpedavɔsa.”
6Dziƒo ɖe gbeƒã eƒe dzɔdzɔenyenye,
elabena Mawu ŋutɔe nye ʋɔnudrɔ̃la. Sela
7“See, o nye dukɔ, mele nu ƒo ge,
O! Israel, maɖu ɖasefo ɖe ŋuwò,
elabena nyee nye Mawu, wò Mawu la.
8Nyemeka mo na wò ɖe wò akpedavɔsa
alo numevɔsa siwo le ŋkunye me ɖaa la ta o.
9Nyemehiã nyitsu tso wò nyikpo me,
alo gbɔ̃wo tso wò gbɔ̃kpo me o,
10elabena avemelãwo katã tɔnye wonye,
kple nyi siwo le togbɛ akpewo dzi.
11Menya xevi ɖe sia ɖe si le towo dzi,
eye nuwɔwɔ ɖe sia ɖe si le gbe me la tɔnyee wonye.
12Ne dɔe le wuyem la, nyemagblɔe na wò o,
elabena xexea me kple nu siwo katã le eme la nye tɔnye.
13Ɖe meɖua nyilã
alo noa gbɔ̃wo ƒe ʋua?
14“Mitsɔ akpedavɔsawo na Mawu,
eye mixe miaƒe adzɔgbeɖefewo na Dziƒoʋĩtɔ la.
15Miyɔm le xaxagbe,
maɖe mi, eye miade bubu ŋutinye.”
16Ke Mawu le gbɔgblɔm na ame vɔ̃ɖi la be: “Mɔ ka nèkpɔ be nàxlẽ nye sewo afia,
alo alé nye nubabla la ɖe nu?
17Wò la èlé fu nye nufiame,
eye nètsɔ nye nyawo ƒu gbe ɖe megbe.
18Ne èkpɔ fiafitɔ la, èwɔa ɖeka kplii,
eye nèdea ha kple ahasitɔwo.
19Nya vlowo doa go le nuwò,
eye wò aɖe blea ame.
20Ègblɔa nya tsia tsitre ɖe nɔviwò ŋu,
eye nèƒoa ɖi dawòvi ŋutsu.
21Nu siawoe nye nu siwo nèwɔ hafi mezi ɖoɖoe,
eye nèsusu be ɖeko mele abe ye ene,
gake maka mo na wò,
eye mado asi ɖe mo na wò.
22“Bu esia ŋuti, wò ame si ŋlɔ Mawu be,
ne menye nenema o la, mavuvu wò kakɛkakɛ,
eye ame aɖeke maxɔ wò le asinye o.
23Ame si na akpedavɔsa la,
de bubu ŋunye, eye wòta mɔ be
mafia Mawu ƒe ɖeɖee.”
Copyright information for
EweAL