Psalms 75
Asaf ƒe ha na hɛnɔ la, ne woadzii ɖe “Mègagblẽ nu o” ƒe gbeɖiɖi nu. 1O! Mawu, míeda akpe na wò,míeda akpe na wò, elabena wò ŋkɔ tsɔ ɖe mía gbɔ,
eye amewo le wò nukunuwo xlẽm fia.
2Ègblɔ be, “Meɖo ɣeyiɣi da ɖi,
elabena nyee adrɔ̃ ʋɔnu le dzɔdzɔenyenye me.
3Ne anyigba kple edzinɔlawo ʋuʋu kpekpekpe la,
nyee léa eƒe sɔtiwo ɖe asi sesĩe. Sela
4Megblɔ na ɖokuiŋudzelawo be,
‘Midzudzɔ dada,’
eye na ame vɔ̃ɖi be,
‘Mègakɔ wò dzo ɖe dzi o.
5Mègakɔ wò dzowo ɖe dzi ɖe dziƒo ŋu o,
eye mègahe ve hafi nànɔ nu ƒom o.’ ”
6Dodoɖedzi metsoa ɣedzeƒe,
ɣetoɖoƒe alo gbegbe vana na ame o,
7ke boŋ Mawue nye afiatsola,
eɖea ame sia le zi dzi,
eye wòdoa ame kemɛ ɖe dzi.
8Kplu aɖe le Yehowa ƒe asi me,
wain si lɔ fu ɖe nu, eye wotsɔ nu ʋeʋĩ tɔtɔe la le eme;
ekui na ame vɔ̃ɖi siwo le anyigba dzi,
wonoe, no ahaƒã si le egɔme la hã ƒiaƒiaƒia.
9Ke nye la, manɔ esia gblɔm ɖaa be;
madzi kafukafuha na Yakob ƒe Mawu la;
10maŋe ame vɔ̃ɖiwo ƒe dzowo,
ke woado ame dzɔdzɔewo ƒe dzowo ɖe dzi.
Copyright information for
EweAL