Psalms 8
David ƒe ha na hɛnɔ la. Woadzii ɖe gitit ƒe gbeɖiɖi nu. 1O Yehowa, míaƒe Aƒetɔ,aleke wò ŋkɔ ƒe gãnyenye yɔ anyigba katã dzi ale!
Èɖo wò ŋutikɔkɔe anyi
ɖe dziƒowo tame.
2Èɖo kafukafu anyi ɖe ɖeviwo
kple vi nonowo ƒe nu me le wò futɔwo ta be
nàmia nu na futɔ kple hlɔ̃biala la.
3Ne mekpɔ wò dziƒowo,
siwo nye wò asinudɔwɔwɔwo,
ne mekpɔ ɣleti kple ɣletiviwo,
nu siwo nètsɔ ɖo wo nɔƒee la,
4Nu kae nye amegbetɔ be wò ŋkuwo le eŋuti
kple amegbetɔvi be nèléa be nɛ?
5Èwɔe wòsɔ kple Mawu kloe,
eye nètsɔ ŋutikɔkɔe kple bubu ɖɔ nɛ.
6Èwɔe be wòanye agbo ɖe wò asinudɔwɔwɔ dzi;
eye nètsɔ nu sia nu de eƒe afɔ te.
7Alẽhawo, nyihawo,
gbemelãwo,
8dziƒoxeviwo, ƒumelãwo
kple nu siwo katã ƒua tsi
le atsiaƒu me la le eƒe kpɔkplɔ te.
9O Yehowa, míaƒe Aƒetɔ,
aleke wò ŋkɔ ƒe gãnyenye yɔ anyigba katã dzi ale!
Copyright information for
EweAL