Psalms 100
Hadzidzi Akpedaha. 1Mi anyigbawo katã,mido dzidzɔɣli ɖe Yehowa ŋu.
2Misubɔ Yehowa kple dzidzɔ,
eye mitsɔ aseyetsohawo do ɖe eŋkume.
3Minyae be Yehowae nye Mawu.
Eyae wɔ mí, eye míenye etɔ,
eƒe amewo kple alẽwo le eƒe lãnyiƒe míenye.
4Mige ɖe eƒe agbowo me kple akpedada,
eƒe xɔxɔnuwo kple kafukafu;
mida akpe nɛ, eye mikafu eƒe eŋkɔ.
5Elabena Yehowa nyo, eye eƒe lɔlɔ̃ li ɖaa;
nenema kee eƒe nuteƒewɔwɔ hã nɔa anyi
tso dzidzime yi dzidzime.
Copyright information for
EweAL