Psalms 127
Solomo ƒe mɔzɔha. 1Ne Yehowa metu xɔ o la,etulawo le agbagba dzem dzodzro.
Ne Yehowa medzɔ du la ŋu o la,
dzodzroe dua ŋu dzɔlawo le ŋudzɔ.
2Dzodzroe miefɔna kaba le ŋdi,
henɔa agbagba dzem
le nu si miaɖu la ŋuti va se ɖe fiẽ,
ke ame siwo wòlɔ̃na la,
enana wodɔa alɔ̃ ɖina ɖe eme.
3Viŋutsuwo nye domenyinu tso Yehowa gbɔ,
eye viwo nye fetu tso eya amea gbɔ.
4Viŋutsu siwo ame aɖe dzi le eƒe ɖekakpuime la,
le abe aŋutrɔ le kalẽtɔ si ene.
5Woayra ŋutsu si ƒe daku me wole fũu.
Ŋu makpe wo o,
ne woawo kple futɔwo wɔ avu le agbo la me.
Copyright information for
EweAL