Psalms 129
Mɔzɔha. 1Wotem ɖe anyi ale gbegbe tso nye ɖekakpuime ke.Israel negblɔ be,
2“Wotem ɖe anyi ale gbegbe tso nye ɖekakpuime ke,
gake womeɖu dzinye o.
3Agbleŋlɔlawo ŋlɔ nye dzimegbe,
eye woɖe boliƒowo wodidi,
4gake Yehowa nye dzɔdzɔetɔ,
etso kam tso ame vɔ̃ɖiwo ƒe babla me.”
5Na be ame siwo katã tsri Zion la,
nagbugbɔ ɖe megbe kple ŋukpe.
6Na be woanɔ abe gbe si wotsɔ gbã xɔe ene,
gbe si yrɔna, hafi ayi miemie ge.
7Ale gbetsola mate ŋu atsoe alɔ ɖe asime loo,
alo ame si le elɔm la, nayi elɔ ge ɖe abɔdome o.
8Ame siwo to afi ma yi la megagblɔ be,
“Yehowa ƒe yayra nenɔ dziwò;
míeyra wò le Yehowa ƒe ŋkɔ me” o.
Copyright information for
EweAL