Psalms 15
David ƒe ha. 1Yehowa, ame kae dze anɔ wò kɔkɔeƒe la?Ame kae anɔ wò togbɛ kɔkɔe la dzi?
2Ame si fɔɖiɖi mele eƒe zɔzɔme ŋu o,
eye wòwɔa nu dzɔdzɔe lae.
Ame si toa nyateƒe tso eƒe dzi me ke
3eye ameŋugbegblẽ mele aɖe dzi nɛ o,
ame si mewɔa vɔ̃ ɖe ehavi ŋu o,
eye meƒoa ɖi nɔvia amegbetɔ o,
4ame si ame baɖa ƒe nu menyoa eŋu o,
ke boŋ edea bubu ame siwo vɔ̃a Yehowa la ŋuti,
ame si kaa atam si hea vevesese vanɛ,
gake megbea edziwɔwɔ o,
5ame si medoa ga xɔa deme ɖe edzi o,
eye mexɔa zãnu ɖe ame maɖifɔ ŋuti o.
Ame si wɔa nu siawo la,
naneke maʋãe akpɔ gbeɖegbeɖe o.
Copyright information for
EweAL