Psalms 60
David ƒe ha na hɛnɔ la. Woadzii ɖe “Nubabla ƒe Dzogbenya” ƒe gbeɖiɖi nu. David kpa nufiameha sia esi wòwɔ aʋa kple Aram Naharaim kple Aram Zobah, kpe ɖe esi Yoab trɔ gbɔ tso aʋa le Dze Balime, afi si wòwu Edomtɔ akpe wuieve (12,000) le la ŋu. 1O! Mawu, ègbe mí, èti kpo dze mía dzi,eye nèdo dɔmedzoe ɖe mía ŋu,
eya ta gbugbɔ mí ɖo te!
2Èʋuʋu anyigba la, eye nèfee wòle nuvo,
eya ta gatre eƒe gbagbãƒeawo, elabena ele ʋuʋum.
3Èna ɣeyiɣi sesẽwo tu wò dukɔ la,
eye nèna wain mí míeno mu hele yiyim sɔgɔsɔgɔsɔgɔ.
4Ke hena ame siwo vɔ̃a wò la,
èkɔ aflaga dzi be wòanye akpoxɔnu ɖe
woƒe aŋutrɔ ŋu. Sela
5Xɔ na mí, eye nàɖe mí kple wò nuɖusi,
be ame siwo nèlɔ̃ la nakpɔ xɔxɔ.
6Mawu ƒo nu tso eƒe kɔkɔeƒe la be;
“Le dziɖuɖu me, mama Sekem,
eye madzidze Sukɔt Balime hã.
7Gilead nye tɔnye, Manase hã tɔnyee.
Nye gakukue nye Efraim,
eye Yuda nye nye fiatikplɔ.
8Moab nye nye asiklɔgba,
meɖe nye tokota ƒu gbe ɖe Edom dzi,
eye medo dziɖuɖuɣli ɖe Filistia ta.”
9Ame ka akplɔm ayi du si ŋu
woɖo gli sesẽ ƒo xlãe la me?
Ame ka akplɔm ayi Edom?
10O! Mawu, ɖe menye wòe o la,
wò ame si gbe mí, eye mègadona
kple míaƒe aʋakɔwo lae oa?
11Kpe ɖe mía ŋu, ɖe míaƒe futɔwo ŋuti,
elabena amegbetɔ ƒe kpekpeɖeŋu mele ɖeke me o.
12To Mawu dzi, míaɖu dzi,
eye míafanya míaƒe futɔwo ɖe anyigba.
Copyright information for
EweAL