Song of Solomon 1
Xɔlɔ̃wo ƒe lɔlɔ̃ na wo nɔewo
1Solomo ƒe hawo ƒe ha. 2Tsɔ wò nu gbugbɔ nu nam,elabena wò lɔlɔ̃ doa dzidzɔ nam wu wain.
3Wò ami ʋeʋĩ si nèsi la le ʋeʋẽm ɖem nyuie;
wò ŋkɔ le abe ami si wowu la ene.
Mewɔ nuku be ɖetugbiwo lɔ̃ wò nenema gbegbe o!
4Kplɔm ɖe asi, na míaɖe abla!
Fia la nekplɔm yi eƒe xɔ mee.
Míatso aseye, akpɔ dzidzɔ ɖe ŋutiwò,
eye míakafu wò lɔlɔ̃ wu wain.
Ele eteƒe be wole lɔ̃wòm alea!
5O! Yerusalem vinyɔnuwo, ame yie menye,
ke menyo abe Kedar ƒe agbadɔwo
kple Solomo ƒe agbadɔ ƒe mɔnuvɔwo ene.
6Mègate ŋku nɔ kpɔyem, elabena menyo o;
nyae be ɣee ɖum menyɔ alea.
Danyevi ŋutsuwo do dɔmedzoe ɖe ŋunye,
eye wona mekpɔ woƒe waingblewo dzi,
ke megblẽ nye ŋutɔ nye waingble ya ɖi.
7Gblɔe nam, wò ame si melɔ̃na,
afi ka nènyia wò lãhawo le, eye ne ŋdɔ ʋu la,
afi ka nènana wotsyɔa akɔ ɖo?
Nu ka ŋuti manɔ abe nyɔnu si tsyɔ nu ŋkume ene
le xɔ̃wòwo ƒe lãhawo gbɔ?
8Wò, tugbewo ƒe fia, ne mènyae o la,
do afɔ na alẽhawo, eye nànyi wò gbɔ̃viwo
le lãkplɔlawo ƒe agbadɔwo gbɔ.
9Nye lɔlɔ̃tɔ, metsɔ wò sɔ kple sɔnɔ si
wotsi ɖe Farao ƒe tasiaɖam ɖeka ŋuti.
10Togɛ si nède la wɔe be wò alɔgo nya kpɔ nyuie,
eye kɔga siwo nède la hã dze wò.
11Míawɔ sikatogɛwo na wò,
eye woawɔ klosalokpɛviwo ɖe ete.
12Esi fia la le nuɖukplɔ̃ ŋu la,
nye ami ʋeʋĩe le ya ɖem.
13Nye lɔlɔ̃tɔ le nam abe lifigoe
le nye akɔnu ene.
14Nye lɔlɔ̃tɔ le nam abe henaseƒoƒo si
wogbe hebla tso En Gedi waingble me ene.
15Nye lɔlɔ̃tɔ, èdze tugbe loo!
O, aleke nènya le kpɔkpɔm ale!
Wò ŋkuwo le abe ahɔnɛtɔwo ene.
16Nye lɔlɔ̃tɔ, èdze ɖeka ŋutɔ!
O, aleke nèhedze ɖekae nye esi!
Míaƒe aba de ama nyuie.
17Míaƒe xɔ ƒe daɖedziwo nye sedatiwo,
eye míaƒe xɔ ƒe dzisasãwo nye vɔvɔli.
Copyright information for
EweAL