John 4:43-54
Yesu yɔ dɔ Kapernaumʋafia la ƒe viŋutsu
(Mateo 8:5-13; Luka 7:1-10)
43Le ŋkeke eve megbe la, edzo yi Galilea. 44(Yesu ŋutɔ gblɔ be nyagblɔɖila aɖeke mekpɔa bubu le eya ŋutɔ dedu me o.) 45Esi wòyi Galilea la, Galileatɔwo xɔe nyuie, elabena wokpɔ nukunu siwo katã wòwɔ le Yerusalem, esi woyi ɖaɖu Ŋutitotoŋkekenyui la le afi ma. 46Yesu gava Kana le Galilea, afi si wòtrɔ tsi wòzu wain le la. Afi ma wòdo go aʋafia aɖe le. Ŋutsu sia ƒe vi le dɔ lém le Kapernaum. 47Esi ŋutsu sia se be Yesu tso Yudea va ɖo Galilea la, eyi egbɔ heɖe kuku nɛ be wòava yɔ dɔ ye viŋutsuvi si ɖo kudo nu la na ye. 48Yesu gblɔ nɛ be, “Mia dometɔ aɖeke maxɔ dzinye ase o, dzaa miekpɔ dzesi kple nukunuwo?” 49Aʋafia la gblɔ be, “Aƒetɔ, meɖe kuku, va míyi kaba hafi vinyea naku?” 50Ke Yesu gblɔ nɛ be, “Yi aƒe me, elabena viwò la ƒe lãme sẽ.” Aʋafia la xɔ nya si Yesu gblɔ nɛ la dzi se, eye wòtrɔ dzo yina aƒe me. 51Esi wònɔ mɔa dzi yina la, eƒe dɔla aɖewo va kpee hegblɔ nɛ be via ƒe lãme sẽ. 52Aʋafia la bia gaƒoƒo si me tututu via ƒe lãme sẽ la wo. Woɖo eŋu nɛ be, “Etsɔ, anɔ abe ŋdɔ ga ɖeka me ene la, asrã la vɔ nɛ.” 53Aʋafia la ɖo ŋku edzi be gaƒoƒo ma me tututue Yesu gblɔ na ye be, “Viwò la ƒe lãme sẽ.” Ale aʋafia la kple eƒe aƒemetɔwo katã xɔ Yesu dzi se. 54Esiae nye nukunu evelia si Yesu wɔ, esi wòtso Yudea va Galilea.
Copyright information for
EweAL