Luke 10:1-8
Yesu dɔ nusrɔ̃la blaadre-vɔ-eveawo
1Azɔ Aƒetɔ Yesu tia nusrɔ̃la bubu blaadre-vɔ-eve, eye wòdɔ wo eveve ɖo ɖe du kple kɔƒe siwo me eya ŋutɔ ɖo be yeava yi emegbe la me. 2Egblɔ na wo be, “Nuŋeŋe la sɔ gbɔ, gake dɔwɔlawo mede ha o, eya ta miɖe kuku na nuŋeŋe la ƒe Aƒetɔ be wòadɔ dɔwɔlawo aɖo ɖe eƒe nuŋeŋe la me. 3Azɔ miheyi, eye miɖo ŋku edzi be miele abe alẽvi siwo wodɔ ɖo ɖe amegaxiwo dome ene. 4Migatsɔ ga aɖeke ɖe asi o, migatsɔ mɔzɔkotoku loo alo afɔkpa dodo bubu o. Migagblẽ ɣeyiɣi le mɔ dzi anɔ gbe dom na amewo o! 5“Ne miege ɖe aƒe aɖe me la, gbã, migblɔ be, ‘Ŋutifafa na aƒe sia.’ 6Ne ŋutifafame aɖe le afi ma la, miaƒe ŋutifafa anɔ edzi; ke ne menye nenem o la, agbugbɔ ava mia dzi. 7“Nenye be mieɖo kɔƒe aɖe me la, miganɔ tsatsam tso aƒe me yi aƒe me o, midze aƒe ɖeka ko me, eye miaɖu nu alo ano nu sia nu si wotsɔ ɖo mia kɔme la numaƒomaƒoe. Nenye be wona nane mi la, migagbe exɔxɔ o, elabena dɔwɔla ɖe sia ɖe dze na eƒe fetu. 8“Nenye be miege ɖe du aɖe me eye dua me tɔwo xɔ mi nyuie la, ekema miɖu nu sia nu si wotsɔ ɖo miaƒe akɔme.
Copyright information for
EweAL