Luke 10:25-28
Lododo le Samariatɔ dɔmenyotɔ la ŋu
25Gbe ɖeka sefiala aɖe si nya Mose ƒe seawo nyuie ŋutɔ la va be yeado Yesu ƒe nyateƒetɔnyenye kpɔ. Ebiae be, “Nufiala, nu kae mawɔ be manyi agbe mavɔ dome mahã?” 26Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Aleke Mose ƒe sea gblɔ tso nu sia ŋuti?” 27Eɖo eŋu be, “Mose ƒe se la gblɔ be, ‘Lɔ̃ Aƒetɔ wò Mawu la kple wò dzi kple luʋɔ blibo la kple wò susu kple wò ŋusẽ katã hã, eye nàlɔ̃ hawòvi abe wò ŋutɔ ɖokuiwò ene.’ ” 28Yesu gblɔ nɛ be, “Èɖo eŋu nyuie ŋutɔ, heyi, eye nàwɔ esiawo katã, ekema agbe mavɔ la asu asiwò!”
Copyright information for
EweAL