‏ Luke 11:14-23

Yesu kple Belzebul

(Mateo 12:22-30; Marko 3:20-27)

14Gbe ɖeka Yesu nya gbɔgbɔ vɔ̃ do goe le tokunɔ aɖe me, eye amea de asi nuƒoƒo me enumake. Ame siwo nɔ afi ma la kpɔ dzidzɔ hetso aseye le nukunu sia ta. 15Gake ame aɖewo nɔ ameawo dome siwo gblɔ be, “Mewɔ nuku be ame sia le gbɔgbɔ vɔ̃wo nyam le amewo me o, elabena exɔ ŋusẽ tso Belzebul, si nye gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe fia la gbɔ!” 16Ame bubuwo di tso esi be wòana dzesi aɖewo nadze le yame si afia be eƒe ŋusẽ tso Mawu gbɔ vavã.

17Yesu dze si nu si nɔ ame siawo katã ƒe susu me, eya ta egblɔ be, “Ne dukɔ aɖe me tɔwo ma ɖe wo nɔewo ŋu hele aʋa wɔm la, dukɔa agbã, nenema ke nenye be aƒe aɖe me yɔ fũu kple dzre la, mate ŋu anɔ te o.” 18Nenye be enye nyateƒe abe ale si miegblɔe be Belzebul ye le dɔ wɔm le menye be manya eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo ɖa la, aleke Satana ƒe fiaɖuƒe anɔ tee, nenye be ema ɖe eya ŋutɔ ŋuti? 19Eye nenye be miele gbɔgblɔm be mele gbɔgbɔ vɔ̃wo nyam kple Belzebul ƒe ŋusẽ ɖe, ŋusẽ ka miaƒe amewo ya zãna ne wole gbɔgbɔ vɔ̃wo nyam? Miaƒe amewo boŋ neɖo nya si mietsɔ ɖe ŋutinye la ŋu na mi. 20Azɔ ne mele gbɔgbɔ vɔ̃wo nyam kple Mawu ƒe ŋusẽ la, ekema efia be mawufiaɖuƒe la va ɖo mia dome.

21Nenye be ŋusẽtɔ aɖe kpla eƒe aʋawɔnuwo, eye wòle eƒe fiasã ŋu dzɔm la, eƒe nuwo anɔ dedie. 22Gake ne ame si sẽ ŋu wui va dze edzi, eye woxɔ ŋusẽ le esi la, axɔ eƒe aʋawɔnu siwo ŋu wòle ŋu ɖom ɖo la le esi, eye wòama eƒe nunɔamesiwo.

23“Ame si mele dzinye o la, etsi tsitre ɖe ŋunye, eye ame si meƒoa ƒu nuwo kplim o la eyae kanɛ hlẽna.”
Copyright information for EweAL