Luke 11:29-32
Amewo bia dzesi
(Mateo 12:38-42; Marko 8:12)
29Esi amehawo le ƒu ƒom ɖe edzi la, Yesu gblɔ be, “Esia nye dzidzime vɔ̃ɖi si le dzesi dim, gake womana dzesi aɖeke tsɔ wu Yona ƒe dzesi o. 30Elabena ale si Yona nye dzesi na Ninivetɔwoe la, nenema ke Amegbetɔ Vi la anye dzesi na dzidzime siae. 31Le ʋɔnudrɔ̃ŋkekea dzi la, Nyɔnufia si tso Seba la atsi tsitre afia asi dzidzime sia, eye wòabu fɔ wo, elabena ezɔ mɔ tso anyigba ƒe seƒe ke va be yease Solomo ƒe nufiamenyawo, ke azɔ ame aɖe si kɔ wu Solomo la le mia dome. 32Ninivetɔwo kura gɔ̃ hã atsi tsitre le ʋɔnudɔdrɔ̃ la me ɖe dzidzime sia ŋu, eye woabu fɔe, elabena woawo la, wotrɔ dzime esime Yona va gblɔ mawunya na wo. Ke ame si kɔ wu Yona boo la le afii, gake dukɔ sia gbe be yewomaɖo toe o.”
Copyright information for
EweAL