‏ Luke 11:37-54

Babadodo na Farisitɔwo kple sefialawo

(Mateo 23:1-36; Marko 12:38-40; Luka 20:45-47)

37Esi Yesu wu nya siawo gbɔgblɔ nu la, Farisitɔ aɖe kpee be wòava ɖu nu le ye gbɔ, ale wòyi ɖe egbɔ henɔ anyi ɖe kplɔ̃a ŋu. 38Ke esi Farisitɔ la kpɔ be Yesu meklɔ ŋui gbã hafi be yeaɖu nu o la, eƒe mo wɔ yaa.

39Aƒetɔ la gblɔ nɛ be, “Mi Farisitɔwo la, mieɖoa ŋu ɖo tsɔa dzigbɔɖi klɔa kplu kple agbawo ŋuti, gake miaƒe agbe me yɔ fũu kple ɖiƒoƒo, ŋubiabiã kple tamesesẽ. 40Mi movitɔwo! Menye Mawue wɔ nu sia nu godo kple eme oa? 41Eya ta miklɔ nuawo me to dɔmenyowɔwɔ na ame dahewo me, eye mia ŋuti katã hã akɔ.

42“Ke babaa na mi Farisitɔwo! Togbɔ be mieɖoa ŋku edzi tsɔa ahamɛ kple ƒãglo kpakple ama bubu ƒomeviwo katã ƒe ewolia naa Mawu hã la, miedrɔ̃a ʋɔnu dzɔdzɔe o, eye mieŋlɔna be be Mawu ƒe lɔlɔ̃ li gɔ̃ hã. Enyo be miatsɔ miaƒe nukpɔkpɔwo ƒe ewolia aɖo Mawu ŋkume, gake mele be miaŋlɔ nu vevi siawo be o.

43“Baba na mi Farisitɔwo! Elabena mielɔ̃a bubuteƒenɔnɔ le miaƒe ƒuƒoƒewo, eye miedina be amewo nado gbe na yewo kple bubu tɔxɛ nenye be miezɔ to ablɔ dzi va yina.

44“Babaa na mi. Ɖeko miele abe yɔdo siwo dzi gbe vu tsyɔ̃ ene. Amewo va toa mia dzi, eye womenyaa nu dziŋɔ si dzi zɔm wole o.”

45Sefialawo dometɔ ɖeka si hã nɔ ameawo dome la yɔe, eye wògblɔ nɛ be, “Aƒetɔ, le nya si nègblɔ fifi laa me la, èdo vlo miawo hã.”

46Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Babaa na mi sefialawo hã. Elabena mietsɔa agba kpekpe, siwo wu tsɔtsɔ la ɖoa amewo dzi, eye miawo ŋutɔ mietsɔa miaƒe asibidɛ ɖeka kaa agbawo ŋu o.

47“Babaa na mi! Elabena ɖeko miele abe mia tɔgbui siwo wu nyagblɔɖila siwo nɔ anyi tsã va yi la ene. 48Mieɖi ɖase, eye mieda asi ɖe nu si mia fofowo wɔ la dzi be enyo. Wowu nyagblɔɖilawo, eye miawo hã mieɖɔa woƒe yɔdowo ɖo. 49Nu si Mawu gblɔ tso mia ŋu lae nye be, ‘Maɖo nyagblɔɖilawo kple apostolowo ɖe mi. Ke miawu ɖewo, eye mianya ɖewo de gbe.’ 50Woatsɔ nya ɖe mi dzidzime sia ŋu ɖe Mawu ƒe nyagblɔɖilawo ƒe ʋukɔkɔɖi tso keke xexe sia me ƒe gɔmedzedze ke ta. 51Le nyateƒe me, woabu fɔ mi tso Abel ƒe ʋu dzi va se ɖe Zekaria, ame si wowu le vɔsamlekpui kple kɔkɔeƒe la dome la dzi. Le nyateƒe me la, woatsɔ fɔbubu sia ada ɖe dzidzime sia dzi.

52“Baba na mi senyalawo, elabena mietsɔ nunya la ƒe safui dzoe. Esi miawo ŋutɔ miegbe nu le egbɔ ta la, miexea mɔ na ame bubuwo bena womakpɔ mɔ axɔ nyateƒe la dzi ase o.”

53Esi wòdo go tso afi ma la, Farisitɔwo kple agbalẽfialawo tsi tsitre ɖe eŋu vevie, eye wole biabia vovovowo biam 54be woalée le eƒe nuƒoƒo me.
Copyright information for EweAL