Luke 12:2-7
2Ava dze go abe ale si nuʋãnu nana be abolomɔ hona ɖe dzi hlodzoo ene. 3Nu sia nu si miegblɔ le viviti me la, woasee le kekeli me, eye nu si mietsɔ do dalĩ le miaƒe xɔgãwo me la, woaɖe gbeƒãe le xɔwo tame.”Ame si wòle be woavɔ̃
(Mateo 10:28-31)
4Ke mele egblɔm na mi xɔ̃nyewo be, “Migavɔ̃ na ame siwo di be yewoawu mi o. Ŋutilã la koe woate ŋu awu, ke womekpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe luʋɔwo ya dzi o. 5Gake magblɔ ame si wòle be miavɔ̃ la na mi, eyae nye Mawu ame si si ŋusẽ le be wòate ŋu awu ame atsɔe aƒu gbe ɖe dzomavɔ me. 6“Ho neni akpakpa atɔ̃ xɔna? Menye sidi ʋɛ aɖe koe oa? Woƒe home mede naneke kura o ɖe? Gake Mawu meŋlɔa wo dometɔ ɖeka pɛ hã be o. 7Miaƒe taɖa katã gɔ̃ hã ƒe xexlẽme le nyanya me na Mawu. Migavɔ̃ o, elabena miexɔ asi na Mawu tsɔ wu atsutsrɔewo.
Copyright information for
EweAL