Luke 12:22-34
Migatsi dzimaɖeɖi o
(Mateo 6:25-34)
22Yesu trɔ ɖe eƒe nusrɔ̃lawo ŋu, eye wògblɔ na wo be, “Le esia ta la, mele egblɔm na mi be, migatsi dzi le nu si miaɖu hena agbenɔnɔ alo nudodo siwo miaƒe ŋutilã hiã ŋu o, 23elabena agbe xɔ asi wu nuɖuɖu eye ŋutilã xɔ asi wu nudodo. 24Mikpɔ akpaviãwo ɖa, womeƒã nu o, womeŋea nu o, eye ava ɖeka hã mele wo si be woadzra nuɖuɖu ɖo ɖe eme o, gake wokpɔa woƒe gbe sia gbe nuɖuɖu, elabena Mawu ŋutɔ naa nuɖuɖu wo. Evɔ miawo la, miele vevie na Mawu wu xeviwo katã! 25Hekpe ɖe esia ŋu la, mia dometɔ ka ate ŋu ato dzitsitsi me atsɔ gaƒoƒo ɖeka pɛ akpe ɖe eƒe agbe ŋu? 26Eye nenye be dzimaɖeɖi mate ŋu awɔ nu sue siwo megblɔ va yi o la, viɖe kae wòanye be miatsi dzimaɖeɖi ɖe nu gãwo ŋu? 27“Mikpɔ dzogbenyawo le baliwo me ɖa. Wometrea ɖeti alo lɔ̃a avɔ o, gake Solomo ame si nɔ atsyɔ̃ gã me hã ƒe atsyɔ̃ɖoɖo mede seƒoƒo siawo tɔ nu kura o. 28Nenye be Mawu ɖoa atsyɔ̃ na gbe le gbedzi, gbe si nɔa anyi egbe, eye wotsɔnɛ ƒua gbe ɖe dzo me etsɔ la, ɖe mate ŋu aɖo atsyɔ̃ na mi sãa wu gbe siawo oa? O, mi xɔse ʋɛ tɔwo! 29Gawu la, migaɖe fu na mia ɖokuiwo le nuɖuɖu kple nunono ŋuti o, migana esia nakplɔ mi ade nuxaxa me o. Mawu ana wo mi. 30Xexemedukɔwo katã dagbana be yewoakpɔ gbe sia gbe nuɖuɖu, ke mia Fofo si le dziƒo nya miaƒe hiahiãwo. 31Ke boŋ midi eƒe fiaɖuƒe la, eye woatsɔ nu siawo katã akpe ɖe eŋuti na mi.” 32Eya ta migavɔ̃ o, mi alẽha sue sia, elabena edzɔ dzi na mia Fofo si le dziƒo la ŋutɔ be wòatsɔ fiaɖuƒe la na mi. 33Midzra nu siwo le mia si, eye miatsɔ ga la ana hiãtɔwo, esia adzi miaƒe fetu si le dziƒo la ɖe edzi. Ne miedzra miaƒe kesinɔnuwo ɖo ɖe dziƒo, fiafitɔ aɖeke mate ŋu afi wo o, eye gbagbladza aɖeke hã mate ŋu aɖu wo o. 34Afi si miaƒe kesinɔnuwo le la, afi ma miaƒe dzi hã anɔ.
Copyright information for
EweAL