Luke 12:41-48
41Petro biae be, “Aƒetɔ, míawo ko nèle lo siawo dom na loo alo ame sia ame?” 42Aƒetɔ la ɖo eŋu nɛ be, “Azɔ ame kae nye dɔla nuteƒewɔla kple nunyala, ame si eƒe aƒetɔ atsɔ ɖo eƒe aƒemetɔwo nu be wòana woƒe nuɖuɖu wo le enaɣi mahã? 43Eme anyo na dɔla ma ne eƒe aƒetɔ trɔ gbɔ va kpɔ be ewɔ eƒe dɔdeasi. 44Le nyateƒe me la, aƒetɔ la atsɔe aɖo eƒe nuwo katã nu. 45Gake nenye be dɔla ma gblɔ le eƒe dzi me be, ‘Nye aƒetɔ anɔ anyi ɣeyiɣi didi aɖe hafi agbɔ.’ Eya ta wòde asi ame siwo wotsɔ de eƒe dzikpɔkpɔ te la ƒoƒo me, eye wòle aha mum la, 46eƒe aƒetɔ ava le ŋkeke si mele mɔ kpɔm nɛ o kple gaƒoƒo si menya o la dzi, eye wòaɖee ɖa le nɔƒe kɔkɔ si wòdae ɖo, eye wòadae ɖe ame mawɔnuteƒewo dome. 47“Woahe to na dɔla ma vevie, elabena enya eƒe aƒetɔ ƒe lɔlɔ̃nu be wòawɔ ɖe edzi, gake egbe mewɔe o. 48Ame si menya be nane si wɔm yele la nye vɔ̃ o la ƒe tohehe masesẽ o. Ame si si wotsɔ nu geɖe dee la, wodi ŋutete geɖe tso egbɔ, elabena nu si wotsɔ de eƒe dzikpɔkpɔ te la sɔ gbɔ.”
Copyright information for
EweAL