Luke 12:54-56
Ɣeyiɣiawo gɔme sese
(Mateo 16:2-3)
54Yesu trɔ ɖe ameha la ŋu azɔ, eye wògblɔ be, “Ne miekpɔ lilikpowo le ƒu ƒom ɖe ɣetoɖoƒe la, miegblɔna be, ‘Agbafie le wɔwɔ ge.’ Eye tsi dzana hã vavã. 55Ne anyigbemeya de asi ƒoƒo me la, miegblɔna be, ‘Egbe la, ŋdɔ le ʋuʋu ge sesĩe.’ Eye esia hã vaa eme. 56Mi alakpanuwɔlawo! Mienya be tsi le dzadza ge alo ŋdɔ le ʋuʋu ge to ŋkuléle ɖe yame kple anyigba ŋu me. Gake miegbe be yewomalé ŋku ɖe nu si gbɔna la ƒe dzesi si ƒo xlã mi la ŋu o.
Copyright information for
EweAL