‏ Luke 13:25-27

25Nenye be Aƒetɔ la tsi tsitre hetu ʋɔa la, ekema mietsi megbe. Mianɔ tsitre ɖe ʋɔa godo anɔ eƒom be, ‘Aƒetɔ, ʋu ʋɔa na mi.’

“Ke aɖo eŋu na mi be, ‘Nyemenya mi kple afi si mietso o.’

26“Miawo miaɖo eŋu nɛ be, ‘Mí kpli wò míede asi agba ɖeka me ɖu nu kpɔ, eye nèfia nu le míaƒe ablɔwo dzi hã kpɔ.’

27“Ke agaɖo eŋu na mi be, ‘Megblɔe na mi be nyemenya mi o. Miate ŋu ava eme o, elabena nu vɔ̃ wɔlawo mienye. Midzo le afi ma.’
Copyright information for EweAL