Luke 14:15-24
Lododo le kplɔ̃ɖoɖo gã la ŋuti
(Mateo 22:1-10)
15Esi ŋutsu aɖe si nɔ kplɔ̃a ŋu kple Yesu la se nya siawo la, egblɔ na Yesu be, “Woayra ame siwo aɖu abolo le mawufiaɖuƒe la me!” 16Yesu ɖo eƒe nya la ŋu nɛ be, “Ŋutsu aɖe ɖo kplɔ̃ gã aɖe, eye wòkpe ame geɖewo. 17Esi nu sia nu sɔ gbe vɔ be wɔnawo nadze egɔme la, edɔ eƒe subɔvi ɖe ame siwo wòkpe la gbɔ be wòaɖayɔ wo vɛ. 18“Gake ame sia ame de asi taflatsedodo me esi subɔvi la yi. Ame ɖeka do taflatse be yeƒle anyigba aɖe eye yedi be yeayi aɖalé ŋku ɖe eme, eya ta yemate ŋu ava o. 19“Bubu hã do taflatse be yeƒle nyitsu ewo be woawɔ dɔ le yeƒe agble me, eya ta yeyina wo do ge akpɔ. 20“Ame bubu hã gado taflatse be nyitsɔ laa ko yeɖe srɔ̃, eya ta yemate ŋu agblẽ nyɔnu la ɖi ava o. 21“Subɔvi la trɔ va gblɔ nya siwo ameawo gblɔ la na eƒe aƒetɔ. Dɔ me ve aƒetɔa ŋutɔ, eya ta edɔ eƒe subɔvi la wòyi dua ƒe ablɔwo dzi kple kpɔdomewo ɖayɔ nubialawo, tekunɔwo, lãmetututɔwo kple ŋkunɔwo va kplɔ̃a ŋui. 22“Togbɔ be dɔla la wɔ esia hã la, egblɔ be, ‘Aƒetɔ wowɔ se si nède la dzi, gake nɔƒe gali.’ 23“Aƒetɔ la gagblɔ na subɔvia be, ‘Enyo, yi dua ƒe mɔ gãwo dzi kple kpɔwo godo, eye nàƒoe ɖe ame siwo katã nàkpɔ la nu be woava, be aƒea me nayɔ. 24Elabena mele egblɔm na mi be ame siwo katã mekpe gbã la ƒe ɖeke maɖɔ nu siwo meɖa na wo la ƒe ɖeke kpɔ o.’ ”
Copyright information for
EweAL