‏ Luke 19:45-48

Yesu nya nudzralawo le gbedoxɔ me

(Mateo 21:12-17; Marko 11:15-19; Yohanes 2:13-22)

45Azɔ Yesu ge ɖe gbedoxɔ la me, eye wòde asi asiƒlelawo nyanya me. 46Egblɔ na wo be, “Woŋlɔ ɖi be, ‘Nye gbedoxɔ la anye gbedoɖaƒe’; gake miawo la, mietsɔe wɔ ‘fiafitɔwo ƒe nɔƒee.’ ”

47Le esia megbe la, efia nu le gbedoxɔ la me gbe sia gbe, gake nunɔlagãwo, sefialawo kple ame ŋkuta siwo le dua me la nɔ mɔnu dim be yewoaɖe eƒe agbe ɖa. 48Ke womekpɔ mɔ si dzi woato o, elabena ame sia ame kloe lɔ̃e vevie, eye eƒe nyawo sɔ to me na wo ŋutɔ.
Copyright information for EweAL