‏ Luke 20:1-8

Wobia nya Yesu le eƒe ŋusẽtsoƒe ŋuti

(Mateo 21:23-27; Marko 11:27-33)

1Esi Yesu nɔ nu fiam amewo, eye wònɔ nyanyui la gblɔm na wo le gbedoxɔ la me le ŋkeke mawo dometɔ ɖeka dzi la, nunɔlagãwo kple agbalẽfialawo kple dumegãwo va ƒo xlãe heɖe ɖeklemi kplii. 2Wogblɔ nɛ be, “Gblɔe na mí, ŋusẽ kae nètsɔ wɔ esiawoe? Alo ame kae na ŋusẽ sia wò?”

3Eɖo eŋu be, “Nye hã mabia nya ɖeka mi hafi maɖo miaƒe biabia ŋu na mi. 4Biabia lae nye, ‘Yohanes ƒe mawutsidede ta na ame ɖe, Dziƒo wòtso loo alo amewo gbɔ wòtsoa?’ ”

5Wodzro nya sia me le wo ɖokuiwo dome, eye wogblɔ be, “Ne míegblɔ be, ‘Etso dziƒo’ la, abia mí be, ‘Ekema nu ka ŋutie miexɔ edzi se o?’ 6Ne míegblɔ hã be, ‘Amewo gbɔ wòtso la,’ ekema ameha la katã awɔ funyafunya mí, elabena woxɔe se vevie be Yohanes nye nyagblɔɖila.”

7Mlɔeba la woɖo eŋu nɛ be, “Míenya afi si wòtso o.”

8Ale Yesu gblɔ na wo be, “Ekema nye hã nyemagblɔ ŋusẽ si metsɔ wɔ nu siawo la na mi o.”
Copyright information for EweAL