Luke 20:41-44
Ame ka vie nye Kristo
(Mateo 22:41-46; Marko 12:35-37)
41Azɔ Yesu tsɔ biabia sia ɖo woƒe ŋkume be, “Nu ka ta wogblɔ be Kristo la nye Fia David ƒe vi ɖo? 42Elabena David ŋutɔ gblɔ le Psalmowo ƒe agbalẽ me be, “ ‘Aƒetɔ la gblɔ na nye Aƒetɔ be,“Bɔbɔ nɔ nye nuɖusime,
43va se ɖe esime matsɔ wò ketɔwo
awɔ wò afɔɖodzinu.” ’
44David yɔe be, ‘Aƒetɔ’ Aleke wɔ wòaganye via?”
Copyright information for
EweAL