Luke 20:9-19
Lododo le waingble kple edzikpɔlawo ŋu
(Mateo 21:33-46; Marko 12:1-12)
9Yesu gatrɔ ɖe ameha la gbɔ, eye wòdo lo sia na wo be, “Ŋutsu aɖe de waingble, eye wòtsɔe de agbledela bubuwo si hedzo yi du didi aɖe me afi si wònɔ ƒe geɖe. 10Esi nuŋeɣi ɖo la, edɔ eƒe dɔla ɖeka ɖo ɖe agbledelawo gbɔ be wòava xɔ waingble la ƒe kutsetsea ƒe akpa si nye etɔ gome la vɛ. Gake agblea dzi kpɔlawo ƒo dɔla la vevie, eye wogbugbɔe ɖo ɖa asi ƒuƒlu. 11Agbletɔ la gadɔ dɔla bubu ɖa, gake wowɔ eya hã nenema; woƒoe, eye esi wodo ŋukpee la, wonyae wòdzo asi ƒuƒlu. 12Agbletɔ la gadɔ ame etɔ̃lia ɖo ɖa agblea dzi kpɔlawo. Wode abi eŋu, eye wotsɔe le agblea me ƒu gbe. 13“Agbletɔ la gblɔ na eɖokui azɔ be, ‘Menya nu si mawɔ! Madɔ vinye lɔlɔ̃tɔ la ɖe wo gbɔ. Meka ɖe edzi be woade bubu eya ŋu.’ 14“Gake esi agblea dzi kpɔlawo kpɔ via wògbɔna la, wogblɔ be, ‘Nu si dim míele la va ɖo. Ame si ava nyi eƒe dome nenye be megali o lae nye esi va do! Mina míawui be eƒe domenyinu nazu mía tɔ.’ 15Ale wolée, hee do goe le waingblea me heyi ɖawu.” Yesu bia ameha la be, “Nu ka miebu be agbletɔ la awɔ? 16Magblɔe na mi. Agbletɔa ava, eye wòana woawu ame vɔ̃ɖi siawo, eye wòatsɔ waingble la de ame bubuwo ƒe dzikpɔkpɔ te.” Nyaselawo alo ameha la gblɔ nɛ be, “Kpao, meganɔ nenema o!” 17Yesu kpɔ wo dũu hegblɔ be, “Ke nu kae mawunya wɔnɛ esi wogblɔ be, “ ‘Kpe si xɔtulawo gbe la,eyae va zu kpe si wotsɔ ɖo dzogoe na xɔa’?”
18Egblɔ kpe ɖe eŋu be, “Ame sia ame si akli kpe sia la aŋe afɔ. Ke ame si dzi wòage adze la, agbã gudugudu.” 19Esi nunɔlagãwo kple agbalẽfialawo se ŋutinya si Yesu gblɔ la, wodi be yewoalée enumake elabena wonya be yewo ŋutie wòdo loa ɖo, gake wovɔ̃ ameha la.
Copyright information for
EweAL