‏ Luke 21:7-19

Dzesiwo kple yometitiwo

(Mateo 24:3-14; Marko 13:3-13)

7Wo katã wodo ɣli biae be, “Aƒetɔ! Ɣe ka ɣi nu siawo ava eme? Dzesi kae ado ŋgɔ na nu siawo?”

8Eɖo eŋu na wo be, “Mikpɔ nyuie be woagaflu mi o! Elabena ame geɖewo ava le nye ŋkɔ la dzi agblɔ be, ‘Nyee nye esi’ eye ‘Ɣeyiɣi la ɖo vɔ.’ Migadze wo yome o. 9Eye ne miese be aʋa dzɔ, eye ʋunyaʋunyawo hã dze egɔme la, dzidzi megaƒo mi o. Nyateƒe ele be nu siawo nava me gbã, gake nuwuwua mava enumake o. 10Elabena dukɔ atsi tsitre ɖe dukɔ ŋu, eye fiaɖuƒe akpe akɔ kple fiaɖuƒe. 11Anyigba aʋuʋu sesĩe le teƒewo, eye dɔ ato vevie le teƒe bubuwo hã. Dɔ vɔ̃ geɖewo akaka ɖe xexea me, eye nu dziŋɔ kple dzesi gãwo latso dziƒo.

12“Gake hafi nu siawo katã nava dzɔ la, woaɖo asi mia dzi, eye woawɔ fu mi. Woahe mi ayi woƒe ƒuƒoƒewo kple gaxɔwo me, woakplɔ mi ayi ʋɔnui le fiawo kple mɔmefia gãwo gbɔe. Woawɔ esiawo katã ɖe mia ŋu le tanye. 13Nu siawo anye mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ na mi be miaɖi ɖase le ŋunye na wo. 14Eya ta migatsi dzi le ale si miawɔ aʋli mia ɖokuiwo ta nenye be wotsɔ nya ɖe mia ŋu la ŋu o, 15elabena mana nunya mi, eye made nya siwo katã miagblɔ la nu me na mi, ale be ame aɖeke mate ŋu atsi tsitre ɖe nu siwo miagblɔ la ŋu o. 16Azɔ ame siwo nye miawo ŋutɔ ŋutimewo, abe mia dzilawo, nɔviŋutsuwo, nɔvinyɔnuwo kple xɔlɔ̃ veviwo ene la ade mi asi, eye woana woava lé mi, eye woawu mia dometɔ aɖewo gɔ̃ hã. 17Ame sia ame alé fu mi, elabena mienye tɔnyewo ta. 18Gake le nyateƒe me la, miaƒe taɖa ɖeka pɛ hã matsrɔ̃ o. 19Elabena ne miele tsitre sesĩe la, ekema miaƒe luʋɔwo akpɔ ɖeɖe.
Copyright information for EweAL