‏ Luke 22:47-53

Yesu dede asi kple Yesu léle

(Mateo 26:47-56; Marko 14:43-50; Yohanes 18:3-11)

47Ke esi wònɔ nya siawo gblɔm la, ameha aɖe do ɖe wo dzi. Yuda, eƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka nɔ ŋgɔ na wo. Yuda zɔ ɖe Yesu dzi, eye wògbugbɔ alɔgo nɛ abe lɔlɔ̃ ƒe dzesi ene. 48Gake Yesu biae be, “Yuda, nu ka ta nèwɔ esia ɖo, nugbugbɔe natsɔ ade Amegbetɔ Vi la asia?”

49Esi nusrɔ̃la mamlɛawo kpɔ nu si be yeadzɔ la, wodo ɣli be, “Aƒetɔ, míwɔ avu kpli woa? Míetsɔ míaƒe yiawo ɖe asi!” 50Kasia, nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka tsɔ eƒe yi kpa ɖusimeto na nunɔlagã ƒe subɔvi si nɔ ameawo dome.

51Ke Yesu gblɔ nɛ be, “Migawɔ avu kpli wo o, miɖe asi le wo ŋu ko.” Ale wòka asi afi si subɔvia ƒe to la nɔ ŋu, eye toa gaɖo eteƒe abe tsã ene.

52Yesu trɔ ɖe nunɔlagãwo, hamemegãwo kple gbedoxɔmesrafowo ƒe amegã siwo nɔ ameha la ŋgɔ va la ŋu, eye wòbia wo be, “Adzodalae menye, eya ta mietsɔ kpowo kple yiwo va be yewoalém ɖo mahã? 53Nu ka ta mielém le gbedoxɔ la me o ɖo? Menɔa afi ma gbe sia gbe ɖe! Gake ɣeyiɣi siae nye ɣeyiɣi nyuitɔ na mi, ɣeyiɣi si me Satana ƒe ŋusẽ le dzi ɖum.”
Copyright information for EweAL