‏ Luke 22:58-62

58Le aɖabaƒoƒo ʋɛ aɖewo megbe la, ame bubu hã kpɔe, eye wògblɔ nɛ be, “Wò hã, eƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka tututue nènye!”

Petro ɖo eŋu nɛ be, “Gbeɖe, amegã menye wo dometɔ ɖekae menye o.”

59Abe gaƒoƒo ɖeka megbe ene la, ame bubu hã va gblɔ kple kakaɖedzi be, “Menya be ame sia hã nye Yesu ƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka, elabena eya hã nye Galileatɔ abe Yesu ene.”

60Ke Petro gado dzi gblɔ be, “Ŋutsu, nyemenya naneke kura tso nu si gblɔm nèle la ŋu o.” Eye esi wòɖe nu le nya siawo me ko la, koklo ku atɔ. 61Le ɣeyiɣi sia me tututu la, Aƒetɔ la trɔ kpɔ Petro dũu. Kasia Petro ɖo ŋku Yesu ƒe nya siawo dzi be, “Hafi koklo naku atɔ etsɔ fɔŋli la, àgbe nu le gbɔnye zi etɔ̃.” 62Petro do go heyi ɖafa avi vevie.
Copyright information for EweAL