Luke 22:63-71
Asrafowo ɖu fewu le Yesu ŋu
(Mateo 26:67-68; Marko 14:65)
63Asrafo siwo le Yesu ŋu dzɔm la dze fewuɖuɖu le eŋu, eye wonɔ eƒom hã. 64Wotsyɔ̃ nu mo nɛ, eye wobia tso esi be, “Gblɔ nya ɖi! Ame kae ƒo wò.” 65Hekpe ɖe esia ŋu la, wodzu dzu ƒomevi geɖewo nɛ.Yesu le Sanhedrin ŋkume
(Mateo 26:59-66; Marko 14:55-64; Yohanes 18:19-24)
66Le ŋufɔke ŋdi kanya la, Yudatɔwo ƒe nunɔlagãwo, dumegãwo kple agbalẽfialawo va ɖi anyi, eye wokplɔ Yesu va woƒe ŋkumee. 67Wogblɔ be, “Nenye wòe nye Kristo la, gblɔe na mí.” Yesu ɖo eŋu be, “Ne megblɔe na mi la, miaxɔ dzinye ase o, 68eye ne mebia nya aɖe mi hã, miele eŋu ɖo ge nam o. 69Gake ɣeyiɣi gbɔna esi woaɖo Nye Amegbetɔ Vi la fiazikpui dzi le Mawu ŋusẽkatãtɔ la ƒe nuɖusime.” 70Ameawo katã do ɣli sesĩe be, “Ekema ɖe nèle gbɔgblɔm be Mawu Vie yenyea?” Yesu ɖo eŋu be, “Miawoe le egblɔm be Nyee.” 71Ameawo gado ɣli sesĩe be, “Ɖe míegahiã ɖasefo bubuwo be woatso ame sia nua? Gbeɖe! Míawo ŋutɔ míesee tso eya ŋutɔ ƒe nu me!”
Copyright information for
EweAL