‏ Luke 22:7-14

Dzadzraɖo na Ŋutitotoŋkekenyui

(Mateo 26:17-25; Marko 14:12-21; Yohanes 13:21-30)

7Azɔ Ŋutitotoŋkekenyui si dzi wowua ŋutitotolẽvi la le, eye woɖanɛ kple amɔ maʋamaʋã ƒe abolo la ɖo edzi. 8Yesu dɔ Petro kple Yohanes be woado ŋgɔ aɖawɔ dzadzraɖo na yewoƒe Ŋutitotoŋkekea ɖuɖu.

9Wobia be, “Afi ka nèdi be míayi aɖadzra ɖo?”

10Eɖo eŋu na wo be, “Ne miege ɖe Yerusalem dua me teti ko la, miakpɔ ŋutsu aɖe si lé tsize ɖe ta wòazɔ va yina. Mikplɔe ɖo, eye miage ɖe aƒe si me wòage ɖo la me, 11eye miagblɔ na aƒea tɔ be, ‘Míaƒe Nufiala be míbia wò be: Afi ka dzeƒe le, afi si nye kple nye nusrɔ̃lawo míaɖu Ŋutitotoŋkekenyui la le?’ 12Aƒea tɔ akplɔ mi ayi dziƒoxɔa dzi, eye wòafia xɔ gã aɖe si me wodzra ɖo la mi. Teƒe lae nye ema. Miyi, eye miaɖo kplɔ̃ ɖe afi ma.”

13Woyi dua me, eye wokpɔ be nu sia nu si Yesu gblɔ na wo la va eme tututu, ale wowɔ Ŋutitotoŋkeke la ƒe nuɖuɖu ɖoɖo da ɖi.

Aƒetɔ ƒe Nuɖuɖu Kɔkɔe la ɖoɖo anyi

(Mateo 26:26-30; Marko 14:22-26)

14Yesu kple nusrɔ̃la mamlɛawo va ɖo le ɣeyiɣi si woɖo ɖi la me, eye wo katã wonɔ kplɔ̃a ŋu hena nua ɖuɖu.
Copyright information for EweAL