Luke 23:1-5
Yesu le Pilato ŋkume
(Mateo 27:1-2, 11-14; Marko 15:1-5; Yohanes 18:28-38)
1Azɔ ha blibo la katã tso hekplɔ Yesu va Pilato gbɔ. 2Esi woɖo afi ma teti ko la, wode asi enutsotso me na Pilato be, “Ŋutsu sia le to gblẽm na dukɔa me viwo be womegadzɔ nu na Kaisaro o. Gawu la, etɔ asi akɔta be yee nye míaƒe Kristo si nye fia si gbɔna la.” 3Pilato bia Yesu be, “Wòe nye Yudatɔwo ƒe fia la?” Eɖo eŋu be, “Wòe le egblɔm.” 4Pilato trɔ ɖe nunɔlagãwo kple ameha la ŋu gblɔ be, “Nyemekpɔ vodada aɖeke le ame sia ŋu o.” 5Ke ameawo ganɔ nutsotso nam le eŋu vevie ŋutɔ. Wogblɔ na Pilato be, “Ne medze agɔ o hã la, ehe tɔtɔ geɖe vɛ. Ena be amewo le tsitre tsim ɖe dziɖuɖua ŋu le afi sia afi si wòde hefia nu la. Ewɔ esia ƒo xlã Yudea godoo kpe ɖo tso keke Galilea va se ɖe Yerusalem ke!”
Copyright information for
EweAL