‏ Luke 24:1-12

Yesu ƒe tsitretsitsi

(Mateo 28:1-10; Marko 16:1-8; Yohanes 20:1-10)

1Le kɔsiɖa ƒe ŋkeke gbãtɔ ƒe ŋdi kanya la, nyɔnuawo tsɔ ami ʋeʋĩawo ɖe asi heva yɔdoa to, 2gake wokpɔe be womli kpe gã si wotsɔ tu yɔdoa nui la ɖa. 3Woge ɖe yɔdoa me, gake womekpɔ Aƒetɔ Yesu ƒe kukua o. 4Nu sia wɔ moya na wo ŋutɔ eya ta wonɔ tsitre ɖe yɔdoa to henɔ ta me bum le nu si dzɔ ŋu, kasia ame eve siwo do awu ɣi siwo nɔ dzo dam miamiamia la va do ɖe wo dome. 5Nyɔnuawo vɔ̃ ale gbegbe be wodze klo de mo to ɖe ameawo ŋkume. Ŋutsuawo bia wo be, “Nu ka ta mieva le ame gbagbe dim le ame kukuwo dome? 6Mele afi sia o; etsi tsitre tso ame kukuwo dome. Miɖo ŋku ale si wògblɔe na mi, esime wònɔ anyi kpli mi le Galilea la dzi be: 7‘Ele be woade Amegbetɔ Vi la asi na nu vɔ̃ wɔlawo, woaklãe ɖe ati ŋuti, eye le ŋkeke etɔ̃a gbe la, wòatsi tsitre.’ ” 8Nyɔnuawo ɖo ŋku eƒe nyawo dzi.

9Esime wogbɔ tso yɔdo la gbɔ la, woka nu siawo katã ta na ame wuiɖekɛawo kple ame bubuawo katã. 10Ke ame siwo gblɔ nu siawo na Apostoloawo la, woawoe nye Maria Magdalatɔ, Yohana kple Maria Yakobo dada kple nyɔnu bubu geɖewo. 11Esi nusrɔ̃lawo se nyɔnuawo ƒe nyawo la, ɖeko wòɖi glitoto le woƒe towo me. 12Ke Petro ʋu du yi yɔdoa to be yeakpɔ nu si dzɔ la ɖa. Ebɔbɔ do mo ɖe yɔdoa me, gake ameɖivɔ la ko wòkpɔ le anyigba. Ale wòtrɔ yi aƒe me henɔ nu si dzɔ la ŋuti bum vevie.
Copyright information for EweAL