Luke 24:36-49
Yesu ɖe eɖokui fia nusrɔ̃lawo
(Mateo 28:16-20; Marko 16:14-18; Yohanes 20:19-23)
36Esi ŋutsuawo nɔ woƒe nuteƒekpɔkpɔwo gblɔm la, Yesu ŋutɔ va do ɖe wo dome hedo gbe na wo be, “Ŋutifafa na mi.” 37Dzika tso ameawo katã ƒo, eye wovɔ̃ ŋutɔŋutɔ, elabena wobu be ŋɔli kpɔm yewole. 38Yesu bia wo be, “Nu ka ta miele vɔvɔ̃m ɖo? Nu ka tae miele ɖi kem le miaƒe dziwo me, be nyee le mia dome? 39Milé ŋku ɖe nye asiwo kple afɔwo ŋu nyuie! Miva lém kpɔ, eye miakpɔe kɔtɛe be menye ŋɔlie menye o! Elabena ŋɔliwo la, ŋutilã menɔa wo ŋu abe ale si mele ene o.” 40Esi wònɔ nua ƒom la, etsɔ eƒe asiwo do ɖe wo gbɔ be woakpɔ abi siwo gatagbadzɛwo de eŋu le eƒe asiƒome kple afɔƒome la ɖa. 41Ke ame aɖeke mete ŋu te ɖe eŋu o, elabena dzidzɔ kple ɖikeke yɔ wo me fũu. Le esia ta la, ebia wo be, “Nuɖuɖu aɖe le mia si le afi sia?” 42Wotsɔ lã meme kakɛ aɖe nɛ, eye esi wònɔ 43eɖum la, wonɔ ekpɔm! 44Yesu gblɔ na wo be, “Esi menɔ anyi kpli mi le ŋkeke siwo va yi me ɖe, nyemegblɔe na mi be nu siwo woŋlɔ ɖe Mose ƒe se la kple Nyagblɔɖilawo kple Psalmowo me tso ŋunye la ava eme oa?” 45Ale wòʋu woƒe susuwo be woase mawunya siawo katã gɔme. 46Yesu yi edzi be, “Vavã, woŋlɔe ɖi tso gbe aɖe gbe ke be ele na Kristo la be wòakpe fu, eye wòaku, eye le ŋkeke etɔ̃a gbe la, wòagatsi tsitre tso ame kukuwo dome. 47Eye ele be woaɖe gbeƒã dzimetɔtrɔ hena nu vɔ̃wo tsɔtsɔke le eƒe ŋkɔa dzi na dukɔwo katã, eye woadze egɔme tso Yerusalem. 48Miawoe nye ɖasefowo na nu siawo katã. 49Azɔ nye la, madɔ nu si ƒe ŋugbe Fofonye do na mi la ɖe mia dzi. Ke minɔ Yerusalem afii va se ɖe esime woatsɔ ŋusẽ si atso dziƒo la akɔ ɖe mia dzi.”
Copyright information for
EweAL