‏ Luke 3:15-17

15Ame sia ame kloe nɔ mɔ kpɔm be ava kpuie le ŋkeke mawo me, ale be wotsi dzi vevie be yewoanya nenye be Yohanes ye nye Kristo loo alo menye eyae o? 16Yohanes ɖo woƒe biabia la ŋu hegblɔ na wo be, “Nye la, tsi metsɔ le tsi dem ta na amewoe, gake ame aɖe gbɔna kpuie, ame si si ŋusẽ le wum boo, ame si nyemedze ŋutɔ gɔ̃ hã be matu eƒe atokotawo nu ka o. Eya ade mawutsi ta na mi kple dzo kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe. 17Ame si si lugbɔnu le, be wòatsɔ akplɔ eƒe lugbɔƒe ƒiaƒiaƒia, alɔ lu la ɖe eƒe ava me. Ke atɔ dzo tsroa kple dzo matsimatsi.”
Copyright information for EweAL