‏ Luke 4:1-13

Abosam te Yesu kpɔ

(Mateo 4:1-11; Marko 1:12-13)

1Azɔ Yesu si me Gbɔgbɔ Kɔkɔe la yɔ fũu la dzo le Yɔdan tɔsisi la to, eye Gbɔgbɔ la kplɔe yi ɖe Yudea ƒe gbedadaƒo afi aɖe. 2Enɔ afi ma ŋkeke blaene, eye Abosam va tee kpɔ le ŋkeke siawo katã me. Meɖu naneke le ŋkeke siawo katã me o, ale dɔ wui vevie.

3Abosam gblɔ nɛ be, “Nenye be Mawu vie nenye tututu la, ekema ɖe gbe na kpe siawo be woatrɔ zu abolo.”

4Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Woŋlɔ ɖe Ŋɔŋlɔ Kɔkɔea me be, Menye nuɖuɖu ɖeɖe ko ŋuti ame nanɔ agbe ɖo o.”

5Abosam kplɔe yi teƒe kɔkɔ aɖee, eye wòɖe xexea me fiaɖuƒewo katã fiae le ɣeyiɣi kpui aɖe ko me, 6eye wògblɔ na Yesu be, “Wòe matsɔ ŋusẽ sia katã kple ŋutikɔkɔe ana; elabena tɔnyewoe, eye mate ŋu atsɔ wo na ame sia ame si melɔ̃. 7Eya ta ne èdze klo de ta agu nam ko la, matsɔ wo na wò.”

8Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Abe ale si woŋlɔ ɖe Ŋɔŋlɔ Kɔkɔea mee ene la, Mawu ɖeka hɔ̃ɔ ko wòle be míasubɔ.”

9Azɔ Abosam gakplɔe yi Yerusalem, eye wòtsɔe ɖo gbedoxɔ la ƒe kɔkɔƒe kekeake. Egblɔ nɛ be, “Nenye Mawu vie nènye vavã la, ti kpo tso afi sia. 10Elabena woŋlɔ ɖi be, “ ‘Ade se na eƒe dɔlawo le ŋutiwò be
woakpɔ tawò nyuie
11woatsɔ wò ɖe woƒe asiwo me,
ale be màtsɔ wò afɔ axlã ɖe kpe aɖeke o.’ ”

12Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la gblɔ be, ‘Mègate Mawu wò Aƒetɔ la kpɔ o.’ ”

13Esi Abosam wu tetekpɔwo katã nu la, egblẽ Yesu ɖi dzo le egbɔ hena ɣeyiɣi bubu.
Copyright information for EweAL