Luke 4:42-44
Mawunyagbɔgblɔ le du geɖewo me
(Marko 1:35-39)
42Le ŋkeke evea gbe ƒe ŋdi kanyaa la, efɔ, eye wòɖe eɖokui ɖe aga. Ameha la dii vevie le teƒe geɖewo, eye esi wova ke ɖe eŋu mlɔeba la, woɖe kuku nɛ be megadzo o, ke boŋ wòanɔ yewo gbɔ le Kapernaum. 43Ke Yesu ɖo eŋu na wo be, “Ele be magblɔ mawufiaɖuƒe la ƒe nyanyui la na du bubuwo hã, elabena esia tae wodɔm ɖo.” 44Ale wòdzo henɔ tsatsam le Yudea nutowo katã me kpe ɖo, nɔ mawunya gblɔm na amewo le woƒe ƒuƒoƒewo.
Copyright information for
EweAL