Luke 6:12-16
Yesu tia eƒe nusrɔ̃la wuieveawo eye wòfia nu wo
(Mateo 10:1-4; Marko 3:13-19)
12Le nu siawo megbe la, Yesu yi to aɖe dzi gbe ɖeka be yeado gbe ɖa. Edo gbe ɖa na Mawu zã blibo katã. 13Esi ŋu ke la, eyɔ eyomenɔlawo katã ƒo ƒui, eye wòtia ame wuieve le wo dome bena woanye yeƒe nusrɔ̃lawo. Ame siawoe woyɔ be apostolowo. 14Ameawo ƒe ŋkɔwoe nye, Simɔn (ame si wòna ŋkɔe be Petro), Andrea si nye Simɔn nɔviŋutsu,Yakobo,
Yohanes,
Filipo,
Bartolomeo,
15Mateo,
Toma,
Yakobo si nye Alfeo vi,
Simɔn ame si nye Zelote dunyaheha sesẽ aɖe me nɔla;
16Yuda si nye Yakobo vi,
kple Yuda Iskariɔt ame si va zu yomemɔfiala.
Copyright information for
EweAL