Luke 7:1-10
Yesu da gbe le Romasrafowo ƒe amegã aɖe ƒe subɔla ŋu
(Mateo 8:5-13; Yohanes 4:43-54)
1Esi Yesu wu eƒe mawunyagbɔgblɔ la nu la, etrɔ yi Kapernaum dua me. 2Romatɔwo ƒe aʋafia gã si nɔ du ma me la ƒe dɔla si gbɔ melɔ̃a nu le o la dze dɔ vevie, eye wòɖo kudo nu. 3Aʋafia la se Yesu ŋkɔ, eya ta edɔ Yudatɔ ŋkuta aɖewo ɖe egbɔ be woaɖe kuku nɛ be wòava da gbe le dɔla sia ŋu na ye. 4Ameawo yi Yesu gbɔ heɖe kuku nɛ vevie be wòava kpe ɖe aʋafia la ŋu. Wona wònya be aʋafia sia nye ame nyui aɖe ŋutɔ. 5Wogblɔ na Yesu be, “Ŋutsu sia ŋue wòle be nàkpe ɖo, elabena elɔ̃ míaƒe dukɔ la eye eya kee tu míaƒe ƒuƒoƒe na mí.” 6Yesu tso kpla kplɔ wo ɖo. Gake hafi wòaɖo aƒea me la, aʋafia la dɔ exɔlɔ̃ aɖewo ɖa be woagblɔ na Yesu be, “Aƒetɔ, mègaɖe fu na ɖokuiwò be nàva nye aƒe me o, elabena nyemedze na bubu sia tɔgbi o. 7Eye nyemedze be mava kpe wò ŋutɔ gɔ̃ hã o. Gblɔ nya si wòle be nàgblɔ la ɖo ɖa tso afi si nèle ekema nye dɔla ƒe lãme asẽ. 8Elabena nye ŋutɔ hã menye ame le ŋusẽ te, eye asrafowo le nye hã tenye. Meɖea gbe na tenyeviwo be, ‘Miyi afii’, eye woyina, ‘Miva afii’, eye wovana, megblɔna na nye dɔla be, ‘Wɔ esi kple ekemɛ’, eye wòwɔnɛ.” 9Esi Yesu se nya siawo la, nyawo wɔ nuku nɛ ŋutɔ. Etrɔ ɖe ameha si dze eyome la ŋu gblɔ be, “Le nyateƒe me la, nyemekpɔ xɔse sia tɔgbi le Israelnyigba dzi kpɔ o.” 10Esi aʋafia la xɔlɔ̃wo yi aƒe me la, wokpɔ dɔla si nɔ dɔ lém la wòhaya, eye eƒe lãme sẽ abe tsã ene.
Copyright information for
EweAL